2 Corinthians 11

Paulo kple aʋatsopostolowo

1Mexɔ se be miagbɔ dzi ɖi ase nye movinya siwo gblɔm mele na mi. Miɖo to ne magblɔ nye dzimenyawo na mi. 2Metsi dzi vevie ɖe mia ŋu be mianye Kristo ɖeka ko tɔ, eye mialɔ̃ Kristo ɖeka hɔ̃ ko tso dzi vavã me abe ale si ɖetugbi tsɔa eƒe lɔlɔ̃ naa ŋutsu si wotsɔe na be wòaɖe la ene. 3Gake mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu bena ɖewohĩ la, ame aɖe ava ble mi eye wòatrɔ miaƒe susu ɖa tso Kristo gbɔ, abe ale si da dzeaye ma ble Eva le Eden bɔ mee ene. 4Nu si ta mele esiawo gblɔm lae nye be edze nam be mia beble le bɔbɔe eye ne ame aɖe va mia gbɔ va ɖe gbeƒã Yesu bubu si to vovo tso esi ŋuti míefia nu mi le la gbɔ alo wòfia nu bubu sãa mi, alo ƒo nu tso gbɔgbɔ bubu aɖe si mesɔ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si miexɔ o ŋuti la, miexɔa ame ma dzi sena bɔbɔe. 5Ke nye Paulo mexɔe se be, ame siwo nɔa wo ɖokuiwo yɔm be Mawu ƒe ame dɔdɔwo yewonye la, menyo wum le mɔ aɖeke nu o. 6Ne nyemeɖea ami ɖe nye nuƒo abe ale si woawo wɔnɛ ene o hã la, menya nu si tututu gblɔm mele, elabena Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ me meƒoa nu le abe ale si miawo ŋutɔ mienya ene.

7Azɔ esi meva mia gbɔ eye meɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la na mi le ɖokuibɔbɔɖeanyi blibo me eye nyemexɔ naneke le mia si o la, eyae nye nu vɔ̃ si mewɔ ɖe mia ŋu eya ta miebum ɖe naneke me oa? 8Le ɣeyiɣi si mele gbeƒã ɖem le mia gbɔ la, hame bubuwoe nɔ dzinye kpɔm. Ale be wòva zu be mexɔ nu siwo hame bubuwo nam la hetsɔ wɔ dɔe le mia gbɔ. 9Esi menɔ mia gbɔ eye nanewo va hiãm la nyemebia mi o, ke boŋ kristotɔ siwo tso Makedonia va gbɔnye lae tsɔ nu sia nu vɛ nam. Meɖoe be nyemanye agba na mi o, eya tae nyemebia pesewa ɖeka hã va se ɖe fifia o, eye nyemabia mi hã gbeɖegbeɖe o. 10Abe ale si Kristo ƒe nyateƒe la le menye ene la, ame aɖeke mate ŋu atrɔ nye susu sia o eye mana nɔvi siwo katã le Akaya nutowo me la hã nanya nu le esia ŋuti. 11Ame aɖe agblɔ be ɖe nyemelɔ̃ mi kristotɔwo o eya ta megblɔ esia ɖo gake mele eme nenema o elabena Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã nya be melɔ̃ mi vevie. 12Ke mawɔ nu si meɖo la dzi be matsɔ ɖe ke le miaƒe apostolo siwo le adegbe ƒom bena yewo hã Mawu ƒe dɔ ko wɔm yewole abe míawo ke ene la te.

13Nenɔ nyanya me na mi bena menye Mawue dɔ alakpa aʋatsopostolo mawo o. Alakpatɔwo wonye, eye wodze agbagba ble mi be Kristo ƒe apostolowo yewonye. 14Esia mewɔ nuku nam o, elabena Satana ŋutɔ hã tea ŋu trɔa eɖokui ɣeaɖewoɣi abe Mawu ƒe dɔla ene. 15Eya ta menye nu wɔnuku aɖeke wònye kura be Satana ƒe dɔlawo trɔ wo ɖokuiwo abe Kristo ƒe dɔlawo ene o. Gake le nuwuwu la woahe to na wo ɖe woƒe nuwɔnawo ta.

Paulo ƒo adegbe le eƒe fukpekpewo ŋuti

16Megale kuku ɖem na mi be migabu be ɖe nyemenya ale si maƒo nui abe ame mawo ene o eye nenye be nyemenya ale si maƒo nui abe woawo ene o hã la, miɖe mɔ nam be maƒo nu abe abunɛtɔ ene eye nye hã maƒo adegbe vie abe woawo ene. 17Adegbe sia ƒoƒo menye nu si Aƒetɔ la di tso asinye be mawɔ o gake mele eƒo ge abe ale si ame tagbɔmanɔsitɔ ƒoa nui ene. 18Abe ale si ame geɖewo ƒoa adegbe be yewonye ame tɔxɛwo le xexeame ene la, nenema ke nye hã mele wɔwɔ ge fĩfĩ laa. 19Miebe nunyalawoe yewonyea, gake mieɖoa to lãnyawo dzidzɔtɔe. 20Mielɔ̃ wotsɔ mi wɔ kluviwoe woɖoa nu siwo menyo o la na mi miewɔna, wona miekpɔ wo dzi, wowɔa wo ɖokuiwo glodzoo eye wokaa mo na mi ɖe madzɔmadzɔ dzi geka miekea nu o. 21Enye ŋukpe nam be magblɔ be dzideƒo kple ŋusẽ mele asinye be maƒo nu nenema o, ke nu sia nu si ŋu woaƒo adegbe le la nye hã mate ŋu aƒo adegbe le nenema nu ma ŋu. Eye enye dada nam be megale nu ƒom abe lã ene.

22Woƒoa adegbe be Hebritɔwo yewonye, nye hã Hebritɔ menye. Wobe Israelviwo yewonye, nye hã Israelvi menye, eye wobe Abraham ƒe dzidzimeviwoe yewonye, nye hã Abraham ƒe dzidzimevie menye.

23Megala nu ƒom dadatɔe abe ame si ƒe tagbɔ da enea? Wobe Kristo ƒe subɔlawo yewonyea? Gake mesubɔa Kristo wu wo katã. Eye mewɔ dɔ wu wo elabena le Kristo ta wodem gaxɔ me zi geɖe, woƒom kutɔkutɔe eye ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã la, medea tsiẽƒe gagbɔna. 24Yudatɔwo ƒom zi atɔ̃ sɔŋ, eye le ƒoƒo ɖe sia ɖe me la, woƒom zi blaetɔ̃-vɔ-aseike. 25Romatɔwo hã ƒom zi etɔ̃ kple gakawo, eye woƒu kpem zi ɖeka. Menɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃ sɔŋ; ɣeaɖeɣi gɔ̃ hã mege dze atsiaƒu me eye menɔ atsiaƒu gbanaa la me zã ɖeka kple ŋkeke ɖeka. 26Mezɔ mɔ didi teɖeɖiameŋu geɖewo eye nye agbe ɖo xaxame le tɔɖɔɖɔ, fiafitɔwo, Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo ta. Le nyateƒe me la, meto dzɔgbevɔ̃ewo me le afi sia afi si mede la, le du gãwo me, gbedzi kple ƒudzi siaa. Nenema ke ame aɖewo siwo be yewonye nɔviwo le Kristo me evɔ mele eme nenema o hã do ŋɔdzi na nye agbe. 27Le dɔwɔwɔ fũu ta la ɖeɖi tea ŋunye eye metsi zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe. Dɔ kple tsikɔ wuam zi geɖe. Dɔƒe hã menɔa asinye o, eye le zã me la vuvɔ wɔam elabena avɔ titri menɔa asinye o.

28Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, metsina dzodzodzoe enuenu tso hamewo ƒe tsitsi ɖe edzi ŋuti. 29Ne ame aɖe le hame aɖe me si gbɔdzɔ la etena ɖe dzinye eye nye hã megbɔdzɔna enumake, eye ne hamevi aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wòdze anyi la, enana be nuxaxa yɔa nye dzi me.

30Azɔ ne medi be maƒo adegbe la, ɖe ko maƒoe le nu siwo nana be ŋusẽ mele ŋunye o la ŋu. 31Mawu, ame si nye Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, eye wòdze kafukafu tso mavɔ me yi mavɔ me la hã nya bena nyateƒe gblɔm mele. 32Esi menɔ Damasko la, fia Areta ɖo asrafowo dua ƒe agbowo nu be woalém. 33Gake nɔvi siwo le afi ma la de ka kusi ŋu eye wotsɔm da ɖe kusia me hetsɔ to do si le glia me la me eye mesi dzo le egbɔ. Ɖe esia mefia be ame geɖewo lɔ̃a nye nya oa?

Copyright information for EweBEE